﻿Psalmowo.
117.
Mi dukɔwo katã, mikafu Yehowa; midoe ɖe dzi, mi ame siwo katã le anyigba dzi. 
Elabena eƒe lɔlɔ̃ na mí sɔ gbɔ ŋutɔ, eye Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ li tegbee. Mikafu Yehowa. 
